1 Nyateƒe gblɔm mele le Kristo me, nyemele alakpa dam o, eye nye dzitsinya le ɖase ɖim kpe ɖe ŋunye le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, 2 be mele nu xam ŋutɔ, eye nye dzi le veve sem ɣe sia ɣi. 3 Elabena anyo nam wu be woabu fɔm, eye woaɖem ɖa tso Kristo gbɔ ne esia ana be nye amewo, Israeltɔwo, nakpɔ ɖeɖe.
4 Woawo tɔe nye vinyenye la; woawo tɔe nye Mawu me ŋutikɔkɔe la, nubablawo, se la xɔxɔ, gbedoxɔmesubɔsubɔ la kple ŋugbedodoawo. 5 Wonye fofoawo ƒe dzidzimeviwo, dzidzime siwo me Kristo dzɔ tso le ŋutilã nu, ame si nye Mawu ɖe nuwo katã dzi, ame si wokafuna tegbee la! Amen.
6 Ke mele eme be Mawu ƒe ŋugbedodowo zu dzodzro o. Elabena menye ame siwo katã tso Israel lae nye Israeltɔwo o. 7 Alo ame siwo katã tso Abraham ƒomea me lae nye Abraham ƒe viwo o, ke boŋ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be, “woanya wò ƒome la to Isak kple eƒe dzidzimeviwo dzi.” 8 Esia le fiafiam be menye Abraham ƒe viwo katãe nye Mawu viwo o, ke boŋ ame siwo xɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ŋugbe si wodo na Abraham dzi se la koe.
9 Elabena ŋugbedodo lae nye esi be, “Matrɔ ava gbɔwò le ƒe si gbɔna la me, eye Sara adzi ŋutsuvi.”
10 Menye esia ɖeɖe ko o; Rebeka hã fɔ viawo ƒe fu na mía tɔgbui Isak le ɣe ma ɣi tututu. 11 Ke esi mekpɔ dzi evenɔviawo o, eye womewɔ nyui alo vɔ̃ o hã, bena Mawu ƒe tameɖoɖo ɖi nanɔ eteƒe le tatia la nu, 12 menye le dɔwɔwɔ aɖeke nu o, ke boŋ tso ame si yɔa ame gbɔ, wogblɔ na Rebeka be, “Tsitsitɔ la azu subɔla na ɖevitɔ la”; 13 abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Melɔ̃ Yakob, ke Esau la, melé fui.”
14 Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Ɖe Mawu tɔ medzɔ oa? Gbeɖe! 15 Elabena egblɔ na Mose be,
19 Ame aɖe abiam be, “Ekema nu ka ta Mawu bua fɔ mí ɖo? Elabena ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋu mahã?” 20 Ke wò, amegbetɔ, ame ka nènye be nàhe nya kple Mawu? Ɖe ame aɖe ƒe nuwɔwɔ abia nuwɔla la be, “Nu ka ta nèwɔm alea ɖo mahã?” 21 Ɖe mɔɖeɖe meli be zemela natsɔ anyi ame ze si ŋu bubu le, eye wòagatsɔ eƒe ɖe ame ze si ŋu bubu mele o la mahã?
22 Nu kae adzɔ nenye be Mawu, ame si lɔ̃ ɖe eƒe dɔmedzoe kple ŋusẽ fia la gbɔ dzi ɖi na ame siwo dze na eƒe dɔmedzoe ƒe tohehe? 23 Eye nu kae adzɔ ne ewɔ esia be yeaɖe yeƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnuwo afia ame siwo le mɔ kpɔm na eƒe nublanuikpɔkpɔ, ame siwo wòdzra ɖo do ŋgɔ na eƒe ŋutikɔkɔe la, 24 mí ame siwo hã wòyɔ, menye tso Yudatɔwo dome ɖeɖe ko o, ke boŋ tso ame siwo menye Yudatɔwo o la hã dome? 25 Egblɔ le Hosea ƒe agbalẽ me be,
30 Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Mawu na mɔnukpɔkpɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me, togbɔ be wometi dzɔdzɔenyenye yome o hã. 31 Ke Israeltɔ siwo dze agbagba vevie be yewoadze Mawu ŋu to seawo dzi wɔwɔ me la mete ŋu dze Mawu ŋu o. 32 Nu ka ta? Elabena wonɔ agbagba dzem be yewoakpɔ ɖeɖe to seawo dzi wɔwɔ me, eye yewoanɔ agbe nyui esime wòle be woanya be xɔse me ko yewoato akpɔ ɖeɖe hafi; wokli nukikli ƒe kpe la. 33 Mawu gbe nya na wo tso nu sia ŋu le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me esi wògblɔ be,