1 Israelviwo ɖo Zin gbedzi le ƒea ƒe ɣleti gbãtɔ me. Woƒu asaɖa anyi ɖe Kades. Miriam ku, eye woɖii ɖe afi ma.
2 Tsi mebɔ ɖe afi ma na nono o, ale ameawo gadze aglã ɖe Mose kple Aron ŋu. Ameha gã aɖe ɖi anyi, 3 eye wowɔ takpekpe ɖe Mose kple Aron ŋu. Wodo ɣli ɖe Mose ta gblɔ be, “Ɖe míawo hã míaku kple mía nɔvi lɔlɔ̃a siwo Yehowa wu hafi! 4 Ɖe nèɖoe koŋ kplɔ Yehowa ƒe amewo va gbedzi le afi sia be míawo kple míaƒe lãhawo siaa natsrɔ̃! 5 Nu ka koŋkoŋkoŋ ta nèna míedzo le Egipte, eye nèkplɔ mí va teƒe sesẽ sia ɖo? Ègblɔ na mí be míayi anyigba nyui si dzi nuku wɔnukuwo abe gbotiwo, wain tsetsewo kple yevuboɖatiwo ene le. Anyigba si ƒe nya nègblɔ na mí ɖe? Tsi teti gɔ̃ hã meli ade mía nu míano le afi sia o!”
6 Mose kple Aron wotrɔ le wo gbɔ yi Agbadɔ la ƒe mɔnu. Wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia wo. 7 Yehowa gblɔ na Mose be, 8 “Tsɔ Aron ƒe atikplɔ la. Mi kple Aron miƒo ameawo nu ƒu. Ƒo nu le ameawo ƒe ŋkume na agakpe si le afi mɛ ɖa la be wòana tsi nado tso eme; eye nàna tsi wo tso agakpe la me wòade na ameawo kple woƒe lãwo katã.”
9 Mose wɔ nu si Mawu ɖo nɛ. Etsɔ atikplɔ la tso afi si wòdzrae ɖo le Yehowa ŋkume. 10 Mose kple Aron woyɔ ameawo, eye wona woƒo ƒu ɖe agakpe la gbɔ. Mose gblɔ na wo be, “Miɖo to, mi aglãdzelawo! Ɖe míaɖe tsi tso agakpe sia me na mia?” 11 Mose kɔ atikplɔ la dzi, eye wòƒo agakpe la zi eve. Enumake tsi do bababa tso agakpe la me ameawo kple woƒe lãwo no.
12 Ke Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Zi ale si mieɖo ŋu ɖe ŋunye o, eye miekɔ ŋutinye le Israelviwo ŋkume o ta la, miakplɔ Israelviwo ade anyigba si ŋugbe medo na wo la dzi o!”
13 Wona ŋkɔ teƒe sia be Meriba, si gɔmee nye “Dzrewɔtsi,” elabena afi siae Israelviwo tso ɖe Yehowa ŋu le eye Yehowa ɖee fia wo be yele kɔkɔe le woƒe ŋkume.
14 Esi Mose nɔ Kades la, eɖo amewo ɖe Edom fia gbɔ be,
18 Ke Edom fia gblɔ na wo be,
19 Israelviwo ƒe ame dɔdɔwo yi edzi be,
20 Edom fia gbe gbidigbidi gblɔ na wo be,
22 Israelviwo ƒe ha blibo la ho, dze mɔ tso Kades, eye wova ɖo Hor to la gbɔ. 23 Le Hor to la gbɔ, teƒe si te ɖe Edom ƒe liƒo ŋu la, Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, 24 “Azã la su be Aron naku, elabena made anyigba, si metsɔ na Israelviwo la dzi o, le esi mi ame evea mietsi tsitre ɖe nye ɖoɖowo ŋu tso tsi si le Meriba ŋu la ta. 25 Azɔ, kplɔ Aron kple via Eleazar yi Hor to la dzi. 26 Ɖe Aron ƒe nunɔlawuwo le eŋuti, eye nàdo wo na via, Eleazar. Aron aku ɖe afi ma.”
27 Ale Mose wɔ nu si Yehowa ɖo nɛ. Wo ame etɔ̃ la wolia Hor to la esi ameawo katã nɔ wo kpɔm. 28 Esi woɖo toa tame la, Mose ɖe nunɔlawuawo le Aron ŋu, eye wòtsɔ wo do na Aron ƒe viŋutsu Eleazar. Aron ku ɖe to la tame. Mose kple Eleazar trɔ gbɔ, 29 eye esi ameawo se be Aron ku la, Israelviwo fae ŋkeke blaetɔ̃.
<- Mose 4 19Mose 4 21 ->