3
Mawu ƒe lɔlɔ̃ si li tegbee 
 1 Nyee nye ŋutsu si kpe fu le eƒe dziku ƒe ameƒoti te. 
 2 Enyam ɖe nu eye wòna mezɔ viviti me, 
menye kekeli me o; 
 3 Vavã etrɔ eƒe asiwo ɖe ŋutinye atraɖii 
le ŋkeke blibo la me. 
 4 Ena be nye ŋutilã kple nye ŋutigbalẽ do xoxo 
eye wògbã ƒu ɖe lãme nam. 
 5 Eva dze dzinye eye wòtsɔ veve helĩhelĩ 
kple fukpekpe tɔ kpɔ ɖe ŋunye. 
 6 Ena menɔ viviti me 
abe ame siwo ku gbe aɖe gbe ke ene. 
 7 Etɔ kpɔ ƒo xlãm ale be nyemate ŋu asi o, 
eɖom anyi kple gakɔsɔkɔsɔ. 
 8 Ne meyɔe alo do ɣli be wòaxɔ nam gɔ̃ hã la, 
edoa ʋɔ ɖe nye gbedodoɖa nu. 
 9 Etsɔ kpe gãwo xe mɔ me nam 
eye wòglɔ̃ nye mɔwo. 
 10 Abe sisiblisi si de xa ɖi 
kple dzata si le adeklo dzi ene la, 
 11 ehem ɖa le mɔ me eye wòvuvum, 
hegblẽm ɖi kpeɖeŋutɔmanɔsitɔe. 
 12 Evu eƒe da me eye wòdzidze 
eƒe dati ɖe dzinye. 
 13 Etsɔ aŋutrɔwo le eƒe daku me tsɔ ŋɔ nye dzi. 
 14 Mezu nu ɖikokoe le nye amewo katã dome, 
woɖua fewu le ŋunye to hadzidzi me ŋkeke blibo la katã. 
 15 Etsɔ ama veve ɖi ƒo nam 
eye wòkpe veve nam meno. 
 16 Etsɔ kpe ŋe aɖu nam 
eye wòfanyam ɖe kewɔ me. 
 17 Woxɔ ŋutifafa le asinye, 
meŋlɔ nu si dzɔgbenyui nye la be. 
 18 Eya ta megblɔ be, 
“Nye atsyɔ̃nu yi eye nu siwo katã 
mele mɔ kpɔm na tso Yehowa gbɔ la hã nu va yi.” 
 19 Meɖo ŋku nye hiã, tsaglalãtsatsa, 
dzigbagbã kple vevesese dzi. 
 20 Meɖo ŋku wo katã dzi nyuie 
eye nye luʋɔ bɔbɔ eɖokui le menye. 
 21 Ke esia dzi meɖo ŋkue 
eye mɔkpɔkpɔ ɖo asinye: 
 22 Le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ta wometsrɔ̃ mí o 
elabena eƒe nublanuikpɔkpɔ mevɔna o. 
 23 Wozua yeye ŋdi sia ŋdi, 
wò nuteƒewɔwɔ lolo ŋutɔ. 
 24 Megblɔ na ɖokuinye be, 
“Yehowae nye nye gomekpɔkpɔ, 
eya ta manɔ esinu kpɔm.” 
 25 Yehowa ƒe dɔ me nyo na ame siwo tsɔ 
woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi, 
kple ame siwo dinɛ vevie. 
 26 Enyo be woalala le ɖoɖoezizi me 
na Yehowa ƒe ɖeɖe. 
 27 Enyo na ame be wòatsɔ kɔkuti le ɖekakpuime. 
 28 Nenɔ anyi le ɖoɖoezizi me 
elabena Yehowae tsɔ kɔkuti la da ɖe edzi. 
 29 Netsɔ eƒe mo ƒo ɖe ke me, 
ɖewohĩ mɔkpɔkpɔ gali. 
 30 Neɖo to me anyi na ame si le eƒo ge 
eye ŋukpe neyɔe fũu. 
 31 Elabena Aƒetɔ la metsɔa ame ƒua gbe ɖikaa o 
 32 Togbɔ be ehea nuxaxa vɛ hã la, 
egakpɔa nublanui na ame, 
eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina gbeɖe o la de to ŋutɔ. 
 33 Elabena mehea fukpekpe kple nuxaxa vaa amegbetɔviwo dzi ɖe dzidzɔ teƒe o. 
 34 Woafanya anyigbadzigamenɔlawo katã kple afɔ. 
 35 Ne woagbe nu si nye ame tɔ la 
tsɔtsɔ nɛ le Dziƒoʋĩtɔ la ŋkume, 
 36 eye wotrɔ gbo ame dzɔdzɔe ƒe nya; 
ɖe Aƒetɔ la makpɔ esiawo oa? 
 37 Ame ka aƒo nu eye wòava eme, 
ne menye Aƒetɔ lae ɖe gbe o? 
 38 Ɖe menye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nu mee dzɔgbevɔ̃enyawo 
kple dzidzɔnyawo siaa doa go tsona oa? 
 39 Nu ka ta amegbetɔ ahe nya ne 
wohe to nɛ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta? 
 40 Mina míalé ŋku ɖe míaƒe zɔzɔme ŋu ne míado wo akpɔ 
eye mina míatrɔ ɖe Yehowa ŋu. 
 41 Mina míado míaƒe dziwo 
kple asiwo ɖe Mawu gbɔ le dziƒo ahagblɔ bena: 
 42 “Míewɔ nu vɔ̃ hedze aglã 
eye mètsɔe ke mi o. 
 43 “Ètsɔ dziku tsyɔ ɖokuiwò dzi 
eye nèti mía yome hewu mí nublanuimakpɔmakpɔtɔe. 
 44 Ètsɔ lilikpo tsyiɔ ɖokuiwò dzi ale be, 
gbedodoɖa aɖeke mate ŋu aɖo gbɔwò o. 
 45 Ètsɔ mí wɔ ŋunyɔnu 
kple gbeɖuɖɔe le dukɔwo dome. 
 46 “Míaƒe futɔwo katã ke nu baa ɖe mía ŋuti. 
 47 Ŋɔdzi lé mí; míedze ʋe me eye tsɔtsrɔ̃ 
kple gbegblẽ va mía dzi.” 
 48 Nye ŋkuwo le aɖatsi fam yoyoyo 
elabena wotsrɔ̃ nye amewo. 
 49 Nye ŋkuwo le aɖatsi fam ɖaa, 
enu gbe tsotso, 
 50 va se ɖe esime Yehowa aɖo ŋku anyi tso dziƒo akpɔe. 
 51 Nu si mekpɔ la na nye luʋɔ xa nu 
ɖe nyɔnu siwo katã le nye dua me la ta. 
 52 Ame siwo nye nye futɔwo madzemadzee la 
ɖem ɖe nu abe xevi ene. 
 53 Wodze agbagba be woatso nye agbe nu 
le vudo me eye wofɔ kpe ƒum. 
 54 Tsi fie le tanye eye mesusu be evɔ nam. 
 55 O Yehowa, wò ŋkɔe meyɔ le vudoa ƒe gogloƒe ke. 
 56 Èse nye kukuɖeɖe be, 
“Mègado toku nye ɣlidodo 
eye nàgbe akɔfafa nam o.” 
 57 Ète va gbɔnye esi meyɔ wò eye nègblɔ be, 
“Mègavɔ̃ o.” 
 58 O, Aƒetɔ, èxɔ nye nya ɖe akɔ 
eye nèɖe nye agbe. 
 59 Wò ŋutɔ èkpɔ, O Yehowa, 
vɔ̃ si wowɔ ɖe ŋutinye. 
Na nye nya nadzɔ! 
 60 Èkpɔ woƒe hlɔ̃biabia ƒe kpekpeme 
kple nugbe siwo woɖo ɖe ŋunye. 
 61 O Yehowa, èse woƒe dzudzuwo 
kple nu siwo katã woɖo ɖe ŋunye 
 62 kple nye futɔwo ƒe dalĩdodo 
kple nuƒoƒo le ŋunye ŋkeke blibo la. 
 63 Nye kɔ nàkpɔ wo ɖa! 
Wole anyinɔƒe o, wole tsitrenu o, 
woɖua fewu le ŋunye le woƒe hadzidziwo me. 
 64 O Yehowa, xe fe si dze wo la na wo, 
ɖe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ta. 
 65 Tsɔ nutsyɔnu tsyɔ woƒe dziwo dzi 
eye nàna be wò fiƒode nanɔ wo dzi! 
 66 Ti wo yome kple dziku 
 Languages
Languages