1 Mose ƒo Israelviawo katã nu ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Esiawoe nye Yehowa ƒe se siwo dzi wòle be miawɔ.
2 “Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko. Ŋkeke adrelia nye dzudzɔgbe kple ŋkeke kɔkɔe si ŋu dɔ miawɔ asubɔ Yehowa. Ele na ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke ma dzi la be wòaku. 3 Migado dzo gɔ̃ hã le miaƒe aƒewo me o.”
4 Mose gblɔ na dukɔ blibo la be, “Yehowa gblɔ be, 5 Mi ame siwo katã lɔ̃ faa kple ame siwo katã ƒe dɔ me nyo la, mina nu siawo Yehowa:
10 “Mi ame siwo katã nye aɖaŋudɔwɔlawo, eye ŋutete tɔxɛwo le mia si la, miva, eye miawɔ nu siwo Yehowa ɖo na mi be miawɔ:
20 Israelviwo ƒe ha blibo la dzo le Mose gbɔ. 21 Ame siwo ƒe dzi Mawu ƒe Gbɔgbɔ ʋã la, tsɔ nunanawo vɛ na Yehowa hena agbadɔ la, eŋunuwo kple awu kɔkɔeawo. 22 Nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa, ame sia ame si lɔ̃ tso dzi me faa la va. Wotsɔ sika, togɛwo, asigɛwo, kɔgawo kple sikanu ƒomevi ɖe sia ɖe vɛ na Yehowa. 23 Ame bubuwo tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ, ɖeti ɣi ƒe ka alo gbɔ̃fu kple agbogbalẽ si wode ama dzĩ kple gbɔ̃gbalẽ si ŋu wotrɔ asi le la vɛ. 24 Ame bubuwo tsɔ klosalo kple akɔbli vɛ abe woƒe nunana na Yehowa ene. Ame aɖewo tsɔ akasiati vɛ hena agbadɔ la tutu.
25 Nyɔnu siwo nya nutɔtɔ kple ɖetitetre nyuie la tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ lɔ̃ avɔ, wotre ɖeti ɣi ƒe ka, eye wotsɔ wo vɛ. 26 Nyɔnu aɖewo wɔ aɖaŋu tɔxɛ tsɔ gbɔ̃fuwo lɔ̃ avɔe. 27 Amegãwo tsɔ onikskpe la vɛ be woatsɔ ɖo kɔmewu la kple akɔtaɖonu la ŋu. 28 Wotsɔ atike ʋeʋĩwo kple ami vɛ na akaɖigbɛawo kple ami sisi kple dzudzɔdonuwo wɔwɔ. 29 Ale Israelviwo, ŋutsu sia ŋutsu kple nyɔnu sia nyɔnu si lɔ̃ kple dzi faa be yeana kpekpeɖeŋu le dɔ si Yehowa de asi na Mose wɔwɔ me la tsɔ nunanawo vɛ.
30 Mose gblɔ na wo be, “Mikpɔ ɖa, Yehowa tia Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda ƒe to la me, 31 eye wòtsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ si fiaa nunya, nugɔmesese, sidzedze la nɛ. 32 Ate ŋu atsɔ sika, klosalo kple akɔbli awɔ nu siwo nya kpɔ lae. 33 Enya ale si woatsɔ kpe awɔ nuwo, eye woatsɔ atiwo akpa nuwoe. 34 Mawu na ŋutete tɔxɛ Bezalel kple Oholiab, ame siwo nye Ahisamak ƒe viŋutsuwo tso Dan ƒe to la me be woafia woƒe aɖaŋuwo ame bubuwo. 35 Mawu na aɖaŋu tɔxɛ ame eve siawo be woate ŋu awɔ sikanuwo, atsɔ ati akpa nuwo, eye woatsɔ ka vovovowo alɔ̃ nuwo ɖe avɔwo me. Wodze le ame sia ame ŋu le aɖaŋunu siwo katã míehiã na dɔ la wɔwɔ me.
<- Mose 2 34Mose 2 36 ->
Languages