1 Megalé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie, eye mede dzesii be ame dzɔdzɔewo kple nunyalawo kple woƒe dɔwɔwɔwo katã le Mawu ƒe asi me. Ame aɖeke menya ne ave wo nu loo alo mave wo nu o. Esiawo katã le wo ŋgɔ. 2 Nu ɖeka ma koe li na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo, ame nyuiwo kple ame baɖawo, ame dzadzɛwo kple ame ƒoɖiwo, ame siwo saa vɔ kple ame siwo mesaa vɔ o.
3 Esiae nye nu vɔ̃ɖi si le nu sia nu si dzɔna le ɣea te la ŋu: nu ɖeka ma koe dzɔna ɖe amewo katã dzi. Gawu la, amewo ƒe dziwo yɔ fũu kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple tsukuku le woƒe dziwo me esime wole agbe eye emegbe la, woyia kukuawo dome. 4 Agbagbeawo si ko mɔkpɔkpɔ le. “Enyo be ame nanye avu gbagbe wu wòanye dzata kuku.”
7 Eya ta ɖu nu, nàno nu eye nàkpɔ dzidzɔ elabena wò dɔwɔwɔwo dze Mawu ŋu xoxo! 8 Do awu nyuiwo eye mègana ɖamemi navɔ le wò ta me o. 9 Ɖu agbe kple nyɔnu si nèlɔ̃ la, le agbemeŋkeke ʋɛ siwo le ŋgɔwò la me elabena srɔ̃ si Mawu tsɔ na wò lae nye wò fetu gãtɔ le afii le wò dagbadagbawo katã ta. 10 Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o.
11 Megalé ŋku ɖe nuwo ŋu le xexe blibo la me
12 Ame aɖeke menyaa gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe ye dzi o.
13 Nu bubu si gawɔ dɔ tɔxɛ ɖe dzinye esi melé ŋku ɖe amegbetɔwo ƒe nyawo ŋu lae nye: 14 Du sue aɖe nɔ anyi; ame ʋɛ aɖewo koe nɔ eme. Fia gã aɖe va kple eƒe aʋakɔ, eye woɖe to ɖee. 15 Nunyala aɖe si nye ŋutsu dahe aɖe la nɔ du sia me. Enya nu si wòawɔ aɖe dua. Ewɔe, eye wòɖe dua tso futɔwo ƒe asime. Ke emegbe la, ame aɖeke megaɖo ŋku ŋutsu sia dzi kura o. 16 Ale medze sii be togbɔ be nunya xɔ asi wu ŋusẽ hã la, ne nunyala la nye ame dahe ko la, woado vloe eye eƒe nuƒoƒo madze ame ŋu o.