1 Filistitɔwo tsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la tso aʋagbe la dzi le Ebenezer 2 yi woƒe mawu Dagon, ƒe gbedoxɔ me le Asdod eye wodae ɖe Dagon gbɔ. 3 Esi ame aɖewo yi be yewoakpɔe ɖa le ŋdi la, wokpɔ be Dagon dze anyi eye wòtsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋkume! Wofɔe da ɖe eteƒe 4 ke esi ŋu gake la, egadzɔ nenema tututu: legba la gadze anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ. Ke azɔ ya la, eƒe asiwo kple eƒe ta lã ɖa le eŋu eye wònɔ mɔnu. Ale legba la tsi anyi kponogo. 5 Le esia ta, va se ɖe egbe la, Dagon nunɔlawo kple esubɔlawo megaɖoa afɔ Dagon ƒe kpui nu le Asdod o.
6 Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la me tɔwo dzi, ehe gbegblẽ va wo dzii eye wòna ƒoƒoe vɔ̃ te wo. 7 Esi ameawo dze si nu si de asi dzɔdzɔ ɖe wo dzi la, wodo ɣli be, “Míagate ŋu ana Israel ƒe Mawu ƒe nubablaɖaka la naganɔ afi sia o, elabena eƒe asi sẽ ɖe míawo ŋutɔ kple míaƒe mawu Dagon siaa dzi.” 8 Ale woyɔ takpekpe na Filistitɔwo ƒe dziɖulawo katã, eye wobia wo be, “Nu ka míawɔ kple Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka?”
9 Ke esi wotsɔe yi afi mae ko la Yehowa ƒe asi va Gat du la dzi, eye ŋɔdzi kple dzodzonyanya lé ameawo. Eƒo dua me nɔlawo, ɖeviawo kple tsitsiawo siaa kple ƒoƒoe. 10 Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo ta Ekron.