1 Esi fia Solomo wu gbedoxɔ la kple fiasã la kple xɔ bubu siwo wòɖo be yeatu nu la, 2 Yehowa gaɖe eɖokui fiae zi evelia abe ale si wòɖe eɖokui fiae zi gbãtɔ le Gibeon ene. 3 Yehowa gblɔ nɛ be,
10 Le ƒe blaeve megbe esi Solomo tu xɔ eve siawo: gbedoxɔ la kple eƒe fiasã la vɔ la, 11 Fia Solomo tsɔ du blaeve le Galilea na Hiram, Tiro fia elabena Hiram tsɔ sedatiwo kple sesewutiwo kple sika siwo katã wohiã la nɛ. 12 Ke esi Hiram tso Tiro yi ɖakpɔ du siwo Solomo tsɔ nɛ la, duawo medze eŋu o. 13 Ebia Fia Solomo be, “Nɔvinye, du ka ƒomeviwoe nye esiawo nènam? Etsɔ ŋkɔ na duawo be ‘Kabul’ si gɔmee nye, ‘Menyo na naneke o.’ ” 14 Fia Hiram ɖo sika si ƒe kpekpeme nye kilogram akpe ene alafa etɔ̃ la ɖe fia la.
15 Fia Solomo zi amewo dzi wotu gbedoxɔ, fiasã, Milo mɔ, Yerusalem ƒe gliwo kple Hazor, Megido kple Gezer duwo katã. 16 Gezer nye du si Egipte fia xɔ, tɔ dzoe eye wòwu Israelvi siwo katã nɔ eme. Emegbe la, etsɔ du sia na via nyɔnu si nye Fia Solomo srɔ̃wo dometɔ ɖeka la, abe srɔ̃ɖenunana ene. 17 Solomo gbugbɔ Gezer kple Bet Horon anyigbetɔ, 18 Baalat kple Tadmɔ siwo nye gbegbe le eƒe anyigba dzi la tu. 19 Egatu du bubuwo, ɖewo nye nuɖuɖudzraɖoƒewo eye bubuwo nye tasiaɖamwo ƒe du, sɔdolawo ƒe du, hekpe ɖe xɔ siwo katã dzroe la ɖe Yerusalem kple Lebanon kple teƒe bubu vovovowo le anyigba si dzi wònye fia ɖo la.
20 Ame siwo katã susɔ tso Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo dome (ame siwo menye Israelviwo o). 21 Woawoe nye ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã ƒe dzidzimeviwo, ame siwo Israelviwo metsrɔ̃ o la. Fia Solomo na wowɔ dɔ abe kluviwo ene abe ale si wòle va se ɖe egbe ene. 22 Solomo metsɔ Israelviwo wɔ kluviwo o, ke boŋ wozu asrafowo, dɔnunɔlawo, asrafomegãwo, aʋafiawo, tasiaɖamkulawo dzikpɔlawo kple sɔdolawo hã. 23 Israelvi alafa atɔ̃ blaatɔ̃ nye ame siwo nye dzizizidɔwɔlawo dzi kpɔlawo.
24 Fia Solomo ɖe Farao ƒe vinyɔnu tso David ƒe du ƒe afi si nye Yerusalem ƒe akpa xoxotɔ la me yi xɔ yeye si wòtu nɛ le fiasã me la me. Emegbe la, etu Milo mɔ la hã.
25 Esi wowu gbedoxɔ la tutu nu la, Solomo sa numevɔ kple akpedavɔ zi etɔ̃ ƒe sia ƒe le vɔsamlekpui si wòtu na Yehowa la dzi eye wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ hã le edzi le Yehowa ŋkume.
26 Fia Solomo na wokpa tɔdziʋuwo hã ɖe Ezion Geber si le Elat gbɔ le Ƒu Dzĩ la ta le Edomnyigba dzi. 27 Hiram ɖo eƒe ame siwo nye ƒudzidɔwɔlawo eye wonya nu tso atsiaƒu ŋu nyuie la ɖa be woawɔ dɔ kple Solomo ƒe amewo le tɔdziʋuawo me. 28 Wode Ofir eye wotsɔ sika kilogram akpe wuiatɔ̃ alafa ɖeka blaeve vɛ na Fia Solomo.
<- Fiawo 1 8Fiawo 1 10 ->