1 Esi Tiro fia, Hiram se be wosi ami na Solomo heɖoe fiae ɖe fofoa, David teƒe la, eɖo eƒe ame dɔdɔwo ɖe Solomo elabena eya kple David wonye xɔlɔ̃ veviwo. 2 Solomo hã ɖo du sia ɖe Hiram:
4 Fia Solomo yi edzi be,
7 Hiram kpɔ dzidzɔ le Solomo ƒe nya siawo ŋu. Egblɔ be, “Woakafu Yehowa be wòna vi nyanu aɖe David be wòaɖu fia ɖe Israel dukɔ gã la dzi.”
8 Egblɔ ɖo ɖe Solomo be,
10 Ale Hiram tsɔ sedati kple sesewuti ƒe agbɔsɔsɔ si Solomo ahiã la nɛ 11 eye abe fetu ene la, Solomo ɖoa lu dzidzenu akpe alafa ɖeka blaeve vɔ atɔ̃ kple ami galɔn blasiekɛ-vɔ-ade ɖe Hiram ƒe sia ƒe. 12 Ale Yehowa na nunya Solomo abe ale si wòdo ŋugbe nɛ ene. Hiram kple Solomo bla nu kple wo nɔewo hena ŋutifafa.
13 Solomo ƒo dɔwɔla akpe blaetɔ̃ (30,000) nu ƒu tso Israelnyigba blibo la dzi. 14 Eɖoa ame akpe ewo (10,000) ɖe Lebanon wonɔa afi ma ɣleti ɖeka ale ame sia ame nɔa Lebanon ɣleti ɖeka eye wònɔa aƒe ɣleti eve. Dɔwɔlawo dzikpɔlae nye Adoniram. 15 Dɔwɔla bubu akpe blaadre (70,000) kple kpekpala akpe blaenyi (80,000) hã nɔ Solomo si le tonyigba la dzi, 16 hekpe ɖe dɔdzikpɔla akpe etɔ̃ alafa etɔ̃ (3,300) ŋu. 17 Kpekpalawo ku kpe gãwo le kpekuƒewo eye wokpa wo wozu gbedoxɔ la ƒe gɔmeɖokpewo. 18 Wogblẽ ga geɖe le dɔ sia wɔwɔ me. Amewo tso Gebal va kpe ɖe Solomo kple Hiram ƒe xɔtulawo ŋu le atidzedze kple kpekpakpa na gbedoxɔ la me.
<- Fiawo 1 4Fiawo 1 6 ->